Magozwe
Lesley Koyi
Wiehan de Jager

Le Nirobi ƒe du gã me, afi siɖetsɔleme na agbenɔnɔ mesɔ kple ale si wὸle le kɔƒewo me o lae ŋutsuvi kpɔdometsilawo de ha ɖo. Wonɔa agbe ɖe ale si ŋu ke ɖe woe la nu. Gbe ɖeka ŋdi la ŋutsuviawo nɔ ƒuƒom woƒe aba siwo dzi womlɔ le xɔxɔnufafa aɖe la. Wotsɔ gbeɖuɖɔ do dzoe be vuvɔ nagawɔ yewo o. Magozwe nɔ ŋutsuviawo dome. Eyae nye ɖevitɔ wu le wo dome.

1

Magozwe xɔ ƒe atɔ̃ ko hafi edzilawo ku le egbɔ. Eyi ɖanɔ nyruia gbɔ. Ŋutsu sia metsɔ ɖeke le eme nɛ o. Menaa nuɖuɖu Magozwe wὸɖua ɖia ƒo o. Dɔ sesẽwo ko wὸdea asi nɛ be wὸawɔ.

2

Nenye be Magozwe fa konyi olo bia nya aɖe la, nyruia ƒonɛ. Esi magozwe bia be yeate ŋu ayi suku mahã la, nyruia ƒoe hegblɔ kpe ɖe eŋu be, "Edzɔ lã akpa eya ta mɔ̃srɔ̃ naneke anyae o."  Le funyafunya wɔwɔe ƒe etɔ̃ megbe la, Magozwe si dzo le nyruia gbɔ eye wὸdze agbe gɔme le kpɔdome.

3

Kpɔdomegbenɔnɔ sesẽ ale gbegbe eye ŋutsuviawo dometɔ geɖe kpea fu hafi kpɔa woƒe agbebolo. Ɣeaɖewoɣi la, woléawo, ɣeaɖewoɣi la woƒoa wo. Nenye be wodze dɔ la, womekpɔa kpeɖeŋutɔ aɖeke o. Ga sue si kpɔdomevi siawo kpɔ tso nubiabia kple aŋenuwo dzadzra me la ŋutie woɖoa ŋu ɖo. Kpɔdomevi hatsotso bubu siwo di be yewoaɖo tɔ ɖe du gã la me ƒe akpa aɖewo dzi la kpea avu kple woƒe futɔ hatsotso bubuwo. Esia wɔe be agbenɔnɔ va sesẽ ɖe edzi.

4

Gbe ɖeka esi Magozwe nɔ gbeɖuɖɔlɔnu me tsam la, eke ɖe ŋutinyagbalẽ xoxo vuvu aɖe ŋuti. Etutu ɖia ɖa le eŋu eye wὸtsɔe de eƒe kotoku me. Tso gbema gbe dzi la, atsɔ agbalẽa anɔ nɔnɔmetatawo kpɔm. Menya ale si wὸaxlẽ nyawo o.

5

Nɔnɔmetatawo ƒo nu tso ale si ŋutsuvi aɖe tsi va zu yameʋukulae la ŋuti. Magozwe ƒe didie wὸnye be yeava zu yameʋukula. Ɣeaɖewoɣi la, ebunɛ be yee nye ŋutsuvi si le ŋutinya la me.

6

Xexe me fa eye Magozwe tsi tre ɖe ablɔ dzi henɔ nu biam. Ŋutsu aɖe si woyɔna be Thomas la zɔ yi egbɔ. Egblɔ nɛ be, "Afi si mele dɔ wɔm le la te ɖe afi sia ŋu, afi si ɔ̃te ŋu akpɔ nane aɖu le." Edo asi ɖe xɔ aɖe si ƒe amadede nye aŋgbaɖiɖitɔ eye wogbae kple amadede blɔtɔ la gbɔ eye wὸbiae be, "Ayi afi ma aɖaxɔ nuɖuɖu aɖea?" Magozwe kpɔ ŋutsua duũ eye wὸkpɔ xɔa hã ɖa eye wὸgblɔ be, "Ɖewomahĩ," eye wὸzɔ dzo.

7

Le ɣleti aɖewo megbe la, ŋutsuvi kpɔdomeviawo ƒe Thomas kpɔkpɔ va zu numame na wo. Thomas lɔ̃ nuƒoƒo na amewo vevitɔ na kpɔdomeviwo. Thomas se amewo ƒe agbeme ŋutinyawo kpɔ. Ese wo kple movevieɖoɖo kpakple dzigbɔɖi, ke menye kple adã kple amemabumabu o. Ŋutsuviawo dometɔ aɖewo de asi aƒe la me yiyi me hena nuɖuɖu xɔxɔ le ŋdɔ me.

8

Magozwe bɔbɔnɔ mɔtata aɖe dzi henɔ eƒe nɔnɔmetatagbalẽa me kpɔm esi Thomas vanɔ anyi ɖe egbɔ. Thomas biae be, "Nu ka ŋutie ŋutinya la tso?" Magozwe ɖe ŋu nɛ be, "Etso ŋutsuvi aɖe si va zu yameʋukula la ŋuti." Thomas gabiae be, "Ŋutsuvia ƒe ŋkɔ ɖe?" Magozwe gblɔ kple gbe blewu be, "Nyemenya o, nyemate ŋu axlẽ nu o."

9

Esi wokpe la, Magozwe de asi nu ƒom tso eya ŋutɔ ŋuti na Thomas. Eƒo nu tso nyruia kple nu sita wὸsi le egbɔ la ŋuti. Thomas meƒo nu fuũ o, eye megblɔ nu si Magozwe nawɔ la o gake eɖoa toe ɣe sia ɣi. Ɣe aɖewo ɣi la woɖoa dze le aƒe si wogba kple amadede blɔ la me nenye be wole nu ɖum.

10

Esi Magozwe xɔ abe ƒe ewo la, Thomas na ŋutinyagbalẽ yeye aɖee. Enye ŋutinya si tso ŋutsuvi kɔƒetɔ aɖe si tsi va zu bɔluƒola si ƒe ŋkɔ ɖi hoo la ŋuti. Thomas xlẽ ŋutinya la to eme na Magozwe zi geɖe va se ɖe esime wὸgblɔ nɛ gbeɖeka be, "Mebui, ɣeyiɣide azɔ̃ be nɔ̃yi suku aɖasrɔ̃ nuxexlẽ. Alekee nye wὸ susu?" Thomas ɖe eme nɛ be yenya teƒe aɖe si ɖeviwo ate ŋu anɔ ade suku.

11

Magozwe bu tame tso teƒe yeye sia kple sukua yiyi ŋu. Nu kae adzɔ nenye be nyruia ƒe nya si wὸgblɔ be eƒe tagbɔ fa, mate ŋu asrɔ̃ naneke le suku o? Nenye be woƒoe le teƒe yeye sia ɖe? Enɔ vɔvɔ̃m. Ebui be, "Ɖewomahĩ kpɔdome nɔnɔ ahanyo awu."

12

Eɖe vɔvɔ̃ si nɔ eme la fia Thomas. Ke Thomas kã ɖe edzi nɛ be agbenɔnɔ aka ɖe eme nɛ le teƒe yeyea wu.

13

Magozwe ʋu yi aƒe aɖe si wogba kple amadede aŋgbaɖiɖitɔ la me. Eya kple ŋutsuvi bubu eve woe nɔ xɔ ɖeka me. Le aƒe bliboa me la, ɖevi ewoe nɔe kpeɖe Aƒenɔ Cissy kple srɔ̃a, avu etɔ̃, dadi ɖeka kpakple gbɔ̃ tsitsi ɖeka ŋuti.

14

Magozwe dze suku gɔme gake menɔ bɔbɔe nɛ o. Dɔ geɖe dze ŋgɔ nɛ wὸdze be wὸawɔ. Ɣe aɖewo ɣi la edi be yeana ta gake ebua tame tso yameʋukula kple bɔlɔƒola ŋuti le ŋutinyagbalẽawo me. Abe woawo enea, mena ta o.

15

Magozwe nɔ anyi ɖe aƒea me henɔ ŋutinyagbalẽ si wὸtsɔ tso suku la xlẽm. Thomas va nɔ anyi ɖe egbɔ. Thomas biae be, "Nu ka ŋutie ŋutinya la tso?" Magozwe ɖe eŋu nɛ be, "Eƒo nu tso ŋutsuvi aɖe si va zu nufiala la ŋuti." Thomas biae be, "Ŋutsuvia ƒe ŋkɔ ɖe?" Magozwe ko alɔgbɔnui hegblɔ be, "Eƒe ŋkɔe nye Magozwe."

16
You are free to download, copy, translate or adapt this story and use the illustrations as long as you attribute in the following way:
Magozwe
Author - Lesley Koyi
Translation - Kumah Godwin Kwaku (OLE Ghana)
Illustration - Wiehan de Jager
Language - Ewe
Level - Read aloud