Lãwo Xexlẽ
Zanele Buthelezi
Rob Owen

Atiglinyi ɖeka yina tsi no ge.

1

Sɔveda eve yina tsi no ge.

2

To etɔ̃ kple xevi ene hã yina tsi no ge.

3

Avugbɔe atɔ̃ kple gbeha ade le zɔzɔm yina tsia gbɔ.

4

Aɖikpɔ adre le du ƒum yina tsia gbɔ.

5

Akpɔplɔ enyi kple akpa asieke le tsi ƒum le tsia me.

6

Dzata ɖeka ɖe gbe. Eya hã di be yeano tsi. Ame kae le dzata la vɔ̃m?

7

Atiglinyi ɖeka le tsi nom kple dzata la.

8
You are free to download, copy, translate or adapt this story and use the illustrations as long as you attribute in the following way:
Lãwo Xexlẽ
Author - Zanele Buthelezi, Thembani Dladla, Clare Verbeek
Translation - Janet Ahiatrogah (OLE Ghana)
Illustration - Rob Owen
Language - Ewe
Level - First words